Luke 15

Lododo le alẽ bubu la ŋuti

(Mateo 18:12-14)

1Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃wɔla adodoewo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya zi geɖe. 2Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋiliʋĩ geɖe le Yesu ŋu elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔla siwo nye ame ɖigbɔ̃wo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã. 3Esia na be Yesu do lo sia na wo be, 4“Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò eye ɖeka tra mɔ yi gbeme hebu ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke mamalea ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? 5Eye nenye be èkpɔe la àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee. 6Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye elabena èkpɔ wò alẽ si bu la.

7“Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasieke vɔ asieke siwo mehĩa na dzimetɔtrɔ o.

Lododo le klosaloga si bu la ŋuti

8“Mise lododo sia hã ɖa. Klosaloga ewo nɔ nyɔnu aɖe si eye wòbu ga vevi siawo dometɔ ɖeka. Ɖe nyɔnu sia masi akaɖi adi ga la le eƒe aƒe ƒe dzogoewo katã me kple ɣaɣlaƒewo katã va se ɖe esime wòkpɔe oa? 9Eye ne ekpɔe ɖe, mayɔ eƒe aƒelikawo kple exɔlɔ̃wo be woava akpɔ dzidzɔ kpli ye oa? 10Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”

Lododo le vi bubu la ŋuti

11Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. 12Gbe ɖeka la suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.

13“Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le gbolowo yomenɔnɔ kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me. 14Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me. 15Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ. 16Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu elabena mekpɔa naneke ɖuna o.

17“Eyi eɖokui me eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒeme gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie eye ɖe gakpɔtɔna gɔ̃ hã, ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta!’ 18Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, ‘Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò, 19eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene.’

20“Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.

21“Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’

22“Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. 23Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. 24Elabena vinye sia ku eye wògagbɔ agbe. Ebu eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.

25“Le ɣeyiɣe siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒeme la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me, 26ale woyɔ subɔvi ɖeka hebiae be, nu kae le edzi yim le aƒea me? 27Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃ gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’

28“Dɔme ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me. 29Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mewɔ dɔ na wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemegbe dɔ na wò zi ɖeka pɛ hã kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be matso ne nye kple xɔ̃nyewo miaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o. 30Gake esi viwo sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ.’”

31Fofoa gblɔ nɛ be, “Kpɔɖa, vinye lɔlɔ̃a nye kpliwo míeli xoxoxo. Nu sia nu si le asinye la tɔwòe. 32Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ, elabena nɔviwòe. Azɔ eku eye wògagbɔ agbe, ebu eye míegafɔe.”

Copyright information for EweBEE